Togolais


Eʋegbe
ISHANGO ƑE ƑU SIWO WOKPA KPLE NUSI WONYE

Le Nu akpe geɖe siwo ŋu Jean de Heinzelin ƒe ƒuƒoƒoa ke ɖo le Ishango la, ɖewo doa dzidzɔ na ame wu bubuwo. Ðeka aɖe koŋ li si he amewo katã ƒe susu va edzi eye wòva zu ɣletivi ŋutɔŋutɔ le Afrikatɔwo ƒe blematomenukulawogbɔ: Ishango ƒe ƒu si wokpa.

Le zazã nu la, woyɔnɛ be "Ishango ƒe ati". Enye dɔwɔnu si me quartz-nutsonu kple ƒu ƒe asiléƒe le. Le go sia me la, enye nu ɖedzesi aɖe, dɔwɔnu siwo wotsɔ ƒo ƒui siwo wodzra ɖo do ŋgɔ na ŋutinya me la mebɔ kura o. Woate ŋu azã quartz nyui ŋutɔ si le eƒe nugbɔ ɖeka atsɔ awɔ dɔ pɛpɛpɛ hafi, le kpɔɖeŋu me, ŋutigbalẽ ƒe lãɖeɖe ƒe nuwɔna.

Woɖe kɔa ƒe ƒu, ƒoe, ƒoe eye woŋlɔe ɖe edzi ale gbegbe be màte ŋu ade dzesi eƒe dzɔtsoƒe nyuie wu o. Aleke kee wòɖale o, lã si naa no wo viwoe wònye

Gake nukae doa dzidzɔ na ame le eŋu?
Dɔwɔnua ƒe asiléƒee na wòxɔ ŋkɔ elabena eƒe atsyɔ̃ɖoɖo nyɔ eye wònyɔ biabia geɖe wu ɖe gɔmesese si ate ŋu anɔ eŋu ŋu. Wotsɔa ʋuƒo 168 siwo sɔ kple wo nɔewo de dzesi asiléƒe sia. Woɖoa fliawo ɖe ɖoɖo nu ɖe fli siwo sɔ kple wo nɔewo ƒe ƒuƒoƒo siwo woma ɖe sɔti me le atikplɔa ƒe axa 3 me.

Nukpɔsusuwo
Jean de Heinzelin dze egɔme tso nukpɔsusu si nye be nɔnɔme ƒe hatsotso siawo tsi tre ɖi na xexlẽdzesiwo dzi. Enye enuenu vavã, le ŋutinya me ɣeyiɣiwo me ya teti, be woade dzesi agbɔsɔsɔmewo kple fliwo.

Tso afima la, Jean de Heinzelin di akɔntabubu ƒe sɔsɔ si ate ŋu anɔ xexlẽdzesi vovovo siawo dome eye wòkpɔ kadodo siwo na wòte ŋu tsɔ akɔntabubu ŋuti sidzedze deŋgɔ ŋutɔ eye womenya o vaseɖe fifia hena blemaɣeyiɣi sia tɔgbe le wo me.

Nusiwo Jean de Heinzelin de dzesii kple ŋugbledede le eƒe agbalẽ si wòta ɖe Ishango ƒe nyatakakadzraɖoƒea le ƒe 1957 me la dometɔ aɖewoe nye esi :

Titina-sɔti
Titina sɔti la ɖe xexlẽdzesi aɖe kple eƒe eve fia: 3 kple 6, 4 kple 8, 5 kple 10, kpakple xexlẽdzesi eve siwo gɔme womeɖe o: 5 kple 7.

Kpɔti si le ɖusime
Le akpa sia la, kadodo anɔ xexlẽdzesiawo kple xexlẽdzesi 10, si nye xexlẽdzesi si wonya nyuie ƒe gɔmeɖoanyi. Ekema anye ne:

  • 11 = 10 + 1
  • 21 = 20 + 1
  • 19 = 20 – 1
  • 9 = 10 - 1

Miame ƒe sɔti
Ishanguitɔwo anya xexlẽdzesi gbãtɔawo hafi elabena 11, 13, 17 kple 19 nye xexlẽdzesi gbãtɔ siwo le 10 kple 20 ƒe titina. Xexlẽdzesi gbãtɔ nye xexlẽdzesi si me mama eve koe mele o: 1 kple eya ŋutɔ.

Numekula bubuwo lé fɔ ɖe nusiwo kplɔ wo nɔewo ɖo siawo gɔmeɖeɖe ŋu de dzesii be:
Akɔntanyala Dirk Huylebrouck kple Vladimir Pletser xɔ Jean de Heinzelin ƒe xexlẽdzesiwo ŋɔŋlɔ ƒe susu gbãtɔwo eye wosusu atikplɔa be enye akɔntabubu ƒe se ƒomevi aɖe si to vovo tso gɔmeɖoanyi 3 kple 4 gbɔ eye ne wokekee ɖe enu la, gɔmeɖoanyi 12 (3 x 4) to vovo ). Kura o, wobunɛ be kpeɖodzi si sɔ meli be wonya xexlẽdzesi gbãtɔwo o.

Alexander Marshack, si nye blematomenukulawo tso Harvard Yunivɛsiti hã bu xexlẽdzesiwo ŋɔŋlɔ ƒe ɖoɖo aɖe ŋu gake be wòatsɔe asɔ kple dzinu ƒe ɣletigbalẽ.

Olivier Keller, si hã nye akɔntanyala, xlɔ̃ nu tso tetekpɔa ŋu na míaƒe dekɔnu si li fifia si nye xexlẽdzesiwo kpɔkpɔ le afisiafi, alɔ̃madɔmadɔ si xea mɔ na eteƒekpɔla be wòate ŋu akpɔ dzesi ƒomevi bubuwo adze sii, dzesi siwo ke hã le kpeɖeŋutɔ vovovowo (ƒu, kpe, axadzinutata) dzi le Dzigbe Blemaɣeyiɣiwo me eye woawo hã adze be woalé ŋku ɖe wo ŋu.. .

Ðe menye nusi doa dzidzɔ na ame woa? Vevietɔ ne míeɖo ŋku edzi be ƒe 25,000 le nu sia si...
Ne gbeɖeka woɖo kpe akɔntabubu ƒe nukpɔsusuwo dometɔ ɖeka dzi la, efia be akɔntabubu deŋgɔwo ŋuti sidzedze le Dzigbeɣeyiɣiwo me tɔwo si.

Ekema biabia geɖewo ado mo ɖa. Nukae wozã wo na? Nukatae wotsaka akɔntabubu ƒe gɔmeɖoanyi geɖe? Ðe wònye sidzedze si le ame geɖe sia? Viɖe le eŋu na tɔƒodelawoa? Kple bubuwo.

Egbea la, Ishango nyatakakadzraɖoƒea meɖe eƒe nya ɣaɣlawo katã ɖe go o. Eye teƒe bubu geɖe siwo nɔ anyi do ŋgɔ na ŋutinya me la le Semliki balia me. Ele be Afrika ƒe nuto sia nanya be Homo sapiens sapiens nanɔ afima ƒe 100,000 ya teti.

Eye nu geɖe mele mía si kokoko be míase Ishanguiatɔwo ƒe agbenɔnɔ, woƒe nɔƒe kple woƒe tamebubu gɔme nyuie wu o.

Eyata, gbeɖeka alo bubu, ahiã be blematomenukulawo natrɔ ayi Edward-ta la to be woawu aɖaŋunu si gɔme wodze le ƒe 1950-awo me la nu.

Ðikeke mele eme o be safuiwo gakpɔtɔ ɣla ɖe afima...

Ewɔwɔ: Habɔbɔ si Kpɔa Blemanuwo Ŋuti Nyatakakawo Gbɔ (ADIA) .
Fiaɖuƒea ƒe Belgium Dzɔdzɔmeŋutinunya Dɔwɔƒe



  • Traduit par Kodjo Momo APEKE - domicilié au TOGO-licencié en Droit- Animateur de Projet dans une ONG au TOGO - traducion supervisée par MWANA SOLEIL A.S.B.L.